Revelation of John 21

Yerusalem Yeye La

1Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi eye atsiaƒu aɖeke hã megali o. 2Mekpɔ Du Kɔkɔe la, si nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene. 3Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena, “Azɔ la, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ eye wòanye woƒe Mawu. 4Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku loo, alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi.”

5Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ bena, “Mele nuwo katã wɔm yeyee!” Tete wògblɔ be, “Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo eye wonye nyateƒenyawo hã.”

6Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye A kple Z, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me, femaxee. 7Ame si ɖu dzi la anyi nu siawo katã ƒe dome, eye manye eƒe Mawu eye eya hã anye vinye. 8Gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, Trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.”

9Mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me dɔvɔ̃ adre mamlɛawo le la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be, “Va, ne mafia wò ŋugbetɔ la, esi nye Alẽvi la srɔ̃.” 10Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me, heyi ɖe to gã kɔkɔ aɖe dzi eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo Mawu gbɔ la fiam. 11Ele keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe eye eƒe keklẽ le abe kpexɔasi aɖe, abe yapiskpe ene eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene. 12Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, woɖe mɔnu wuieve siwo nu agbo le la ɖe glia me eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi. 13Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le anyiehe, etɔ̃ le dziehe eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe. 14Woɖo gɔmeɖokpe wuiene na dua ƒe gliwo eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.

15Mawudɔla si ƒo nu kplim la lé sikanu dzidzenu ɖe asi be yeadzidzi du la, eƒe agbowo kple eƒe gliwo. 16Wotso du la ale be eƒe kekeme kple didime siaa sɔ. Edzidze du la eye wòkpɔ be eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme katã nye dzidzeme ɖeka si nye kilometa akpe eve kple alafa eve. 17Edzidze gli la ƒe titrime, eye le amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le meta blaade-vɔ-atɔ̃. 18Wotsɔ yapiskpexɔasi ɖo gli lae eye wotsɔ sika si me kɔ abe ahuhõe ene la tso du lae. 19Wotsɔ kpexɔasi vovovowo ɖo atsyɔ̃ na du la ƒe gɔmeɖokpee. Yapiskpe nye fli gbãtɔ, wotsɔ safirekpe ɖo fli eveliae, fli etɔ̃lia nye kalkedonikpe, fli enelia nye emeraldkpe, 20woɖo fli atɔ̃lia kple sardonixkpe, fli adelia nye karneliakpe, adrelia nye krisolitekpe, enyilia nye berilkpe, asiekelia nye topazkpe, ewoliae nye krisoprasekpe, wuiɖekɛliae nye yakintkpe eye wuieveliae nye ametistkpe. 21Agbo wuieveawo nye kpexɔasi wuieve eye wowɔ agbo ɖe sia ɖe kple kpexɔasi ɖeka. Wowɔ du mɔ gã la kple sika akuakua eye eme dza abe ahuhɔ̃e ene.

22Nyemekpɔ gbedoxɔ aɖeke le du la me o, elabena Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ. 23Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woanae kekeli o, elabena Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe naa kekelii eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi. 24Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli nu eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ age ɖe emee. 25Eƒe agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa elabena zã mado le afi ma o. 26Woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu ava emee. 27Nu makɔmakɔ aɖeke mage ɖe eme gbeɖe o, nenema kee nye ŋukpenanuwɔlawo kple ameblelawo hã, ke ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbagbalẽ la me koe age ɖe eme.

Copyright information for EweBEE